10 Eya ta yi madzo le aƒewò me o tegbee,+ le esi nèdo vlom, eye nèxɔ Uriya, Hititɔ la, srɔ̃ ɖe ta.’ 11 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mana vɔ̃ natso wò ŋutɔ aƒewò me ava dziwò;+ maxɔ srɔ̃wòwo le wò ŋutɔ ŋkuwòme atsɔ ana hawòvi,+ eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ.+