-
Daniel 6:26, 27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
26 Nyee le se dem be, le nye fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒewo katã la, woavɔ̃ Daniel ƒe Mawu la ahadzo nyanyanya le eŋkume.+ Elabena eyae nye Mawu gbagbe la kple Ame si li tegbee, eƒe fiaɖuƒe matsrɔ̃ gbeɖe o, eye eƒe dziɖuɖu li tegbee.+ 27 Exɔna na ame,+ eɖea ame, eye wòwɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi,+ elabena eyae nye ame si ɖe Daniel tso dzatawo si me.”
-