INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 32:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Yehowa gagblɔ na Mose be: “Mekpɔ bena, dzimesesẽtɔwoe* dukɔ sia nye.+

  • 5 Mose 1:43
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 43 Eya ta meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o. Ke miedze aglã ɖe Yehowa ƒe sedede la ŋu, eye mi katã miesẽ dzi me te kpɔ lia to la yi.

  • 5 Mose 31:27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 Elabena menya miaƒe aglãdzedze+ kple miaƒe tosesẽ.*+ Ne mele agbe le mia gbɔ egbea tso, hafi miedze aglã ɖe Yehowa ŋu alea ɖe, ke aleke wòahanɔ le nye ku megbe!

  • 2 Fiawo 17:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Yehowa to eƒe nyagblɔɖilawo kple ŋutegakpɔlawo+ katã dzi xlɔ̃ nu Israel kple Yuda be: “Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi!+ Milé nye sededewo kple nye ɖoɖowo me ɖe asi, le se siwo katã mede na mia tɔgbuiwo, kple esiwo mede na mi to nye subɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu.” 14 Gake womeɖo to o, ke boŋ wosẽ dzi me* abe wo tɔgbui siwo mexɔ Yehowa woƒe Mawu la dzi se o la ene.+

  • Ezekiel 20:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Eye megblɔ na wo viwo le gbea dzi be,+ ‘Migazɔ le mia tɔgbuiwo ƒe ɖoɖowo nu o,+ migalé woƒe sewo me ɖe asi o, eye migatsɔ woƒe legba nyɔŋuwo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo o.

  • Dɔwɔwɔwo 7:51
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 51 “Mi kɔlialiatɔ siwo ƒe dzi kple to tri,* mietsia tsitre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣi; nu si mia tɔgbuiwo wɔ va yi la ke wɔm miawo hã miele.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe