INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 16:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Esi zãmu la ƒu la, nu wɔliwɔli zɔzrɔ̃e aɖe le anyigba le gbea dzi+ abe kpetsi wluiwluiwo ene.

  • 2 Mose 16:35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 35 Eye Israel-viwo ɖu mana ƒe blaene,+ va se ɖe esime wova anyigba si dzi amewo le la dzi.+ Manae woɖu va se ɖe esime woɖo Kanaan-nyigba la ƒe liƒo dzi.+

  • 2 Mose 16:31, 32
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 31 Eye Israel ƒe aƒe la na ŋkɔ nuɖuɖu la be “mana.”* Ele abe nuku ɣi suesuesuewo ene, eye wòvivi abe abolo gbadzɛ si me wode anyitsii ene.+ 32 Eye Mose gblɔ be: “Se si Yehowa dee nye esi: ‘Midzra mana omer ɖeka ɖo hena miaƒe dzidzimewo katã,+ ne woakpɔ abolo si mena mieɖu le gbedzi esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.’”

  • 4 Mose 11:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Ke mana+ la le abe korianda ku+ ene, eye wòfu abe bedolak-ti me tsi ene.

  • 5 Mose 8:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Eya tae wòbɔbɔ wò ɖe anyi, ena dɔ wu wò,+ eye wòtsɔ mana+ si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienya o la nyi wò, ne wòana nànyae be menye abolo ɖeɖe ko nue amegbetɔ nɔa agbe ɖo o, ke boŋ amegbetɔ nɔa agbe ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.+

  • Yohanes 6:31
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 31 Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi,+ abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo woɖu.’”+

  • 1 Korintotɔwo 10:2, 3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 eye wonyrɔ wo katã ɖe Mose me esi wonɔ alilikpo la te heto ƒu la me, 3 eye wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe