-
4 Mose 11:31-34Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 Azɔ Yehowa na ya sesẽ aɖe ƒo hekplɔ tegliwo tso ƒu gome va kɔ ɖe asaɖa la ŋu godoo va kpe,+ abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ le akpa si, kple ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ le akpa kemɛ ene, eye woli kɔ ɖi anɔ abɔklugui* eve tso anyigba. 32 Ale dukɔ la tso hefɔ tegliawo ŋkeke blibo ma kple zã blibo ma kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la katã. Ame aɖeke mefɔe wònɔ ʋɛ wu homer* ewo o, eye wosia wo ɖe afi sia afi ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe. 33 Ke lã la kpɔtɔ le aɖutɛ me na wo, eye womeɖui vɔ hafi Yehowa ƒe dziku fla ɖe dukɔ la ŋu o, eye Yehowa na amewo ku le dukɔ la dome eteƒe mekɔ o.+
34 Ale wona ŋkɔ teƒe la be Kibrot-Hataava,*+ elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nu ɖokuitɔdiditɔe ɖo.+
-