19 Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atikplɔ la, eye nàdo asi ɖe Egipte tsiwo,+ tɔsisiwo, tɔʋuwo, tsiteƒewo+ kple woƒe tsi siwo woku da ɖi la katã dzi, ne woatrɔ azu ʋu.’ Ʋu anɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi, anɔ atigoewo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.”