-
2 Mose 10:14, 15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Ʋetsuviawo va ƒo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wodze ɖe Egipte-nyigba la ƒe afi sia afi taŋtaŋ.+ Menɔ bɔbɔe kura o;+ ʋetsuviwo meva alea gbegbe kpɔ o, eye wo tɔgbi aɖeke magava akpɔ o. 15 Wotsyɔ anyigba blibo la katã dzi, eye anyigba la dzi do viviti; woɖu anyigba la dzi nu miemiewo katã kple atikutsetse siwo katã kpetsi la gblẽ ɖi; aŋgba mumu aɖeke megasusɔ ɖe atiwo dzi o, eye ɖeke megasusɔ ɖe nu miemie siwo le gbe me le Egipte-nyigba bliboa dzi la dzi o.
-