-
Yeremiya 33:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ne miate ŋu atu nye nubabla le ŋkeke kple zã ŋu, ale be ŋkeke kple zã magava le woƒe ɣeyiɣi dzi o la,+ 21 ema ko hafi woate ŋu atu nu, si mebla kple nye subɔla David,+ ale be eƒe dzidzimevi aɖeke manɔ anyi si anɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia o;+ eye woate ŋu atu nye nu, si mebla kple nye subɔla Lewi vi siwo nye nunɔlawo hã.+
-