2 Fiawo 6:17 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 17 Eye Elisa do gbe ɖa gblɔ be: “Oo Yehowa, meɖe kuku, ʋu eƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!”+ Enumake Yehowa ʋu subɔvi la ƒe ŋkuwo ale be wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo+ yɔ tonuto la me taŋtaŋ ƒo xlã Elisa.+ Psalmo 34:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu godoo va kpe,+Eye wòɖea wo.+ Mateo 18:10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 10 Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o, elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.+
17 Eye Elisa do gbe ɖa gblɔ be: “Oo Yehowa, meɖe kuku, ʋu eƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!”+ Enumake Yehowa ʋu subɔvi la ƒe ŋkuwo ale be wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo+ yɔ tonuto la me taŋtaŋ ƒo xlã Elisa.+
10 Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o, elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.+