INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 19:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  7 Yehowa ƒe se de blibo,+ enana ŋusẽ gaɖoa ame ŋu.*+

      Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya le eteƒe,+ enana bometsila dzea nunya.+

  • Psalmo 40:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  8 Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ,*+

      Eye wò se la le menye.+

  • Psalmo 112:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 112 Mikafu Yah!*+

      א [Alef]

      Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa,+

      ב [Bet]

      Ame si kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe sededewo ŋu vevie.+

  • Mateo 5:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo+ hiã yewo*, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.

  • Romatɔwo 7:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu ŋutɔ le ame si menye le ememe la gome,+

  • Yakobo 1:25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Ke ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu,+ eye wònɔa edzi ɖaa la, ame sia menye nyasela si ŋlɔa nu be o, ke nyadziwɔla boŋ; eye akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe