Psalmo 34:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Trɔ ɖa le vɔ̃ ŋu, ne nàwɔ nyui;+Di ŋutifafa, eye nàti eyome.+ Psalmo 101:3 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 3 Nyematsɔ nu maɖevi* aɖeke aɖo ŋkunyeme o. Melé fu ame siwo tra tso mɔ dzɔdzɔe dzi la ƒe nuwɔnawo;+Kadodo aɖeke mele nye kpli wo dome o.* Psalmo 119:104 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 104 Wò sededewo na medze nunya.+ Esia tae melé fu aʋatsomɔwo katã ɖo.+ Romatɔwo 12:9 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 9 Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o.+ Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi;+ milé ɖe nu si nyo la ŋu. Hebritɔwo 1:9 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 9 Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Esia tae Mawu, wò Mawu, si dzidzɔmi na wò+ wu hawòtiwo.”+
3 Nyematsɔ nu maɖevi* aɖeke aɖo ŋkunyeme o. Melé fu ame siwo tra tso mɔ dzɔdzɔe dzi la ƒe nuwɔnawo;+Kadodo aɖeke mele nye kpli wo dome o.*
9 Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Esia tae Mawu, wò Mawu, si dzidzɔmi na wò+ wu hawòtiwo.”+