-
2 Mose 34:6, 7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Eye Yehowa va to eŋu yi hele gbeƒã ɖem be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla+ kple veveseɖeamenula,*+ ame si medoa dziku kabakaba o,+ eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o+ kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ,+ 7 ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo,+ eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena,+ ke megbea tohehe na fɔɖila o;+ ame si hea fofowo ƒe vodada ŋuti tohehe vaa viwo kple tɔgbuiyɔviwo dzi, vaa dzidzime etɔ̃lia kple dzidzime enelia dzi.”+
-
-
5 Mose 7:9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 Ènyae nyuie be Yehowa wò Mawue nye Mawu vavã la, Mawu nuteƒewɔla la, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi la nu, va se ɖe dzidzime akpewo dzi.+
-