INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 15:26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 Eye wògblɔ be: “Ne èɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe bliboe hewɔ nu si le dzɔdzɔe le eŋkume, eye nèƒu to anyi ɖe eƒe sededeawo ŋu hewɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la,+ ekema nyemahe dɔvɔ̃ siwo katã mehe va Egiptetɔwo dzi la dometɔ aɖeke ava dziwò o;+ elabena nye Yehowae le gbe dam le ŋuwò.”+

  • Psalmo 41:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Yehowa alée ɖe te le dɔba dzi;+

      Àɖɔli eƒe aba keŋkeŋ le eƒe dɔléɣi.

  • Psalmo 147:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu;

      Eye wòblaa abi na wo.

  • Yesaya 33:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Dua me tɔ* aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o.+

      Woatsɔ ame siwo le anyigba la dzi ƒe vodada ake wo.+

  • Yakobo 5:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ* la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa* afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ la, woatsɔe akee.

  • Nyaɖeɖefia 21:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume,+ eye ku maganɔ anyi akpɔ o,+ konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.+ Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe