INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Kronika 16:8-13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 “Mida akpe na Yehowa;+ miyɔ eŋkɔ,

      Miɖe gbeƒã eƒe nuwɔwɔwo le dukɔwo dome!+

       9 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha* nɛ,+

      Mide ŋugble le* eƒe nukudɔwɔwɔwo katã ŋu.+

      10 Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee.+

      Ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ.+

      11 Midi Yehowa,+ mibia eƒe ŋusẽ ta se,

      Midi eƒe ŋkume ɖaa.+

      12 Miɖo ŋku nukudɔ siwo wòwɔ la dzi,+

      Eƒe nukunuwo kple eƒe afiatsotsowo,

      13 Mi eƒe subɔla Israel ƒe dzidzimeviwo,+

      Mi eƒe ame tiatiawo, Yakob viwo.+

  • Psalmo 96:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome,

      Kple eƒe nukudɔwɔwɔwo le dukɔwo katã dome.+

  • Psalmo 145:11, 12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Woagblɔ wò fiaɖuɖu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu nya,+

      Eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu,+

      ל [Lamed]

      12 Ne woana amegbetɔviwo nanya wò nu dzɔtsuwo,+

      Kple wò fianyenye ƒe atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe.+

  • Yesaya 12:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  4 Miagblɔ gbe ma gbe be:

      “Mida akpe na Yehowa, miyɔ eŋkɔ,

      Miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome!+

      Miɖe gbeƒã be eƒe ŋkɔ de dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe