INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Mose 12:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram eye wògblɔ nɛ be: “Wò dzidzimeviwoe+ matsɔ anyigba sia ana.”+ Eya ta eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, ame si ɖe eɖokui fiae la.

  • 1 Mose 13:14, 15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Esi Lot klã ɖa tso Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be: “Meɖe kuku, fɔ mo dzi nàtsa ŋku tso afi si nèle, eye nàkpɔ dziehe, anyiehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome, 15 elabena anyigba blibo si kpɔm nèle la, wò kple wò dzidzimeviwoe mele etsɔ ge ana tegbee.+

  • 1 Mose 15:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Gbe ma gbee Yehowa bla nu kple Abram+ gblɔ be: “Wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba sia ana,+ tso Egipte-tɔsisi la nu va ɖo tɔsisi gã, si nye Frat-tɔsisi la nu:+

  • 1 Mose 26:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Nɔ anyigba sia dzi nànye amedzro le edzi,+ manɔ kpli wò, eye mayra wò, elabena wò kple wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba siawo katã ana,+ eye mawɔ atam si meka na fofowò Abraham la dzi,+

  • 1 Mose 28:13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eye kpɔ ɖa, Yehowa ye nye ema le etame, eye wògblɔ be:

      “Nyee nye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu.+ Matsɔ anyigba si dzi nèmlɔ anyi ɖo la ana wò kple wò dzidzimeviwo.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe