INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Mose 17:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Matsɔ anyigba si dzi nènye amedzro+ le, ɛ̃, Kanaan-nyigba blibo la katã ana wò kple megbewòviwo, ne wòanye mia tɔ ɖaa, eye manye woƒe Mawu.”+

  • 1 Mose 23:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 “Amedzro menye va tsi mia dome.+ Mina teƒem le mia gbɔ wòazu nye ameɖiƒe, ale be maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”

  • 1 Kronika 16:19-22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Miede ha ɣemaɣi o,

      Ɛ̃, wonɔ ʋɛ ŋutɔ, eye wonye amedzrowo le anyigba la dzi.+

      20 Wonɔ tsatsam tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ,

      Tso fiaɖuƒe ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ.+

      21 Meɖe mɔ ame aɖeke te wo ɖe anyi o,+

      Ke boŋ eka mo na fiawo le wo ta,+

      22 Esi wògblɔ be, ‘Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,

      Eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye nyagblɔɖilawo o.’+

  • Dɔwɔwɔwo 7:4, 5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Ale wòdzo le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi va nɔ Haran. Eye le fofoa ƒe ku+ megbe la, Mawu na wòʋu va anyigba sia, si dzi miele fifia la dzi.+ 5 Gake mena domenyinu aɖekee le edzi o, ao, mena afɔ ɖeka ƒe kekeme teti hãe o; gake edo ŋugbe nɛ be yeatsɔe anɛ wòazu etɔ, eye emegbe yeatsɔe ana eƒe dzidzimeviwo,+ evɔ vi aɖeke menɔ esi ɣemaɣi o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe