-
2 Mose 9:23-26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Eya ta Mose do eƒe atikplɔ la ɖe dziƒo, eye Yehowa na dzi ɖe gbe, kpetsi dza, eye dzo* dza ɖe anyigba la dzi, ale Yehowa na kpetsi la dza ɖe Egipte-nyigba la dzi. 24 Kpetsi dza, eye dzi nɔ dzo kem le kpetsi la me miamiamia. Enu sẽ ale gbegbe; etɔgbi aɖeke medza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ tso esime wòzu dukɔ o.+ 25 Eye kpetsi la gblẽ nu sia nu si le gbedzi le Egipte-nyigba blibo la dzi, amegbetɔwo, lãwo, kple nu miemiewo katã, eye wòfe gbemetiwo katã.+ 26 Negbe Gosen-nyigba dzi, afi si Israel-viwo le la, koe kpetsi aɖeke medza le o.+
-