11 Eya ta Israel-viwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye wosubɔ Baalwo.+ 12 Ale wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi+ la ɖi. Wodze mawu bubuwo, siwo nye dukɔ siwo ƒo xlã wo godoo la ƒe mawuwo yome,+ eye wode ta agu na wo tsɔ do dziku na Yehowa.+