-
5 Mose 12:31Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 Mègawɔ ɖe Yehowa wò Mawu ŋu nenema o, elabena ŋunyɔnu siwo katã Yehowa lé fui lae wowɔna na woƒe mawuwo, wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.+
-
-
2 Fiawo 16:1Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 Le Peka, Remaliya vi, ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz,+ Yuda-fia Yotam vi, zu fia.
-
-
Yeremiya 7:30, 31Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 Yehowa be, ‘Elabena Yuda viwo wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunyeme. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ kɔ ɖo nɛ.+ 31 Wowɔ nuxeƒewo ɖe Tofet le Hinom Vi Ƒe Bali*+ la me, ne woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo,+ nu si nyemeɖo na wo o, eye meva dzi me* nam kpɔ gɔ̃ hã o.’+
-