5 Mose 15:11 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 11 Elabena ame dahewo anɔ anyigba la dzi ɣesiaɣi kokoko.+ Esia tae mele se dem na wò be: ‘Ʋu wò asi me nànyo dɔme na nɔviwò si hiã tu, eye wòda ahe le wò anyigba dzi.’+ Lododowo 11:24 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 24 Ame aɖe naa nu faa,* ke egadzina ɖe edzi nɛ;+Ame aɖe hã vea nu ale gbegbe, ke ahe ko wòdana.+ Lododowo 19:17 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 17 Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa,+Eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.+
11 Elabena ame dahewo anɔ anyigba la dzi ɣesiaɣi kokoko.+ Esia tae mele se dem na wò be: ‘Ʋu wò asi me nànyo dɔme na nɔviwò si hiã tu, eye wòda ahe le wò anyigba dzi.’+