8 Anyigba ʋãnya heʋuʋu kpekpekpe;+
Dziƒo ƒe anyinɔwo ʋuʋu,+
Eye wodzo kpekpekpe, elabena wodo dziku nɛ.+
9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me,
Eye dzo flafla do tso eƒe nu me;+
Dzoka xɔxɔwo tso egbɔ.
10 Eviã dziƒowo eye wòɖi ɖe anyi;+
Eye blukɔ le eƒe afɔ te.+
11 Enɔ kerubi+ dzi dzo va.
Wokpɔe le gbɔgbɔ ƒe aʋalawo dzi.+
12 Eye wòtsɔ viviti ƒo xlã eɖokui abe agbadɔ ene,+
Le tsiziwo kple alilikpo dodowo me.
13 Dzoka xɔxɔwo do tso keklẽ si le eŋgɔ la me.
14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo;+
Dziƒoʋĩtɔ la na eƒe gbe ɖi.+
15 Eda eƒe aŋutrɔwo+ tsɔ ka wo hlẽ;
Kple dzikedzo, eye wòna wotɔtɔ.+
16 Atsiaƒu gɔme dze;+
Esi Yehowa blu la, anyigba ƒe agunuwo tsi ƒeƒle,
Le eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ si gbɔ ɖe wo la ta.+