-
1 Petro 2:4-7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 Azɔ esi mieva eya, si nye kpe gbagbe si amewo gbe+ gake wòhenye kpe tiatia xɔasi na Mawu ya gbɔ la,+ 5 miawo ŋutɔwo hã miezu kpe gbagbe siwo wotsɔ le gbɔgbɔmexɔ+ tum hena nunɔlanyenye kɔkɔe, ale be miato Yesu Kristo dzi asa gbɔgbɔmevɔ+ siwo dzea Mawu ŋu.+ 6 Elabena Ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele kpe tiatia aɖe ɖom anyi le Zion, si nye gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe xɔasi, eye ame sia ame si xɔa edzi sena la maɖu ŋukpe akpɔ o.”+
7 Eya ta miawoe wòxɔ asi na, elabena miexɔe se; ke ame siwo mexɔna sena o la, “kpe si xɔtulawo gbe+ la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,”+
-