15 Eye wògblɔ na wo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ* ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu,+ elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”+
10 Elabena nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.+
5 Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me,+ eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.+ Elabena egblɔ be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”+