17 Edo asi ɖa tso dzi lém;
Ehem tso tsi goglowo me.+
18 Eɖem tso nye futɔ sesẽ la si me,+
Tso ame siwo lé fum, siwo sesẽ wum la si me.
19 Wodze dzinye le gbe si gbe vɔ̃ dzɔ ɖe dzinye,+
Ke Yehowae nye nye ziɔɖeŋu.
20 Ekplɔm do goe yi dedienɔƒe;+
Eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.+