4 Elabena nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí,+ ale be to míaƒe dzidodo+ kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.+
16 Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,+ eye wònyo na nufiafia,+ na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,+17 ale be Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.
19 Eya ta kakaɖedzi geɖe wu va le nyagblɔɖinya la ŋu na mí, eye miewɔe nyuie be mieléa ŋku ɖe eŋu abe akaɖi+ si le keklẽm le viviti me ene (va se ɖe esime agu dze, eye ŋukeɣletivi+ nadze) le miaƒe dziwo me.