INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Samuel 24:11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya toga si le asinye me la ɖa, elabena esime melã wò awu ʋlaya toga la, mate ŋu awu wò hafi. Azɔ dze sii, eye nàkpɔe be nyemeɖo be mawɔ nu vevi aɖeke wò alo adze aglã o, eye nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò hã o,+ evɔ wò ya èle yonyeme tim vevie be yeaɖe nye agbe* ɖa.+

  • 2 Samuel 22:21-25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Yehowa ɖoa eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu;+

      Eɖoa eteƒe nam elabena nye asiwo me dza.+

      22 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi,

      Eye nyemetrɔ le nye Mawu yome wònye vɔ̃ mewɔ ɖe eŋu o.

      23 Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo+ katã le ŋkunyeme;

      Eye nyematrɔ ɖa le eƒe sewo ŋu o.+

      24 Manye ame maɖifɔ+ le eŋkume,

      Eye makpɔ ɖokuinye dzi le vodada ŋuti.+

      25 Yehowa neɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye nu,+

      Le esi medza le eŋkume ta.+

  • Psalmo 24:3, 4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Ame kae alia Yehowa ƒe to la,+

      Eye ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

       4 Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ,+

      Ame si meyɔa Nye Agbe* tsɔ taa nu dzodzro o,

      Eye mekaa alakpatam o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe