-
1 Samuel 1:10, 11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Eye Hana nɔ nu xam* vevie, eye wòde asi gbedodoɖa me na Yehowa+ hele avi fam hehehe. 11 Eye wòɖe adzɔgbe sia be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu la ƒe fukpekpe ɖa, eye nèɖo ŋku dzinye, mèŋlɔ wò dɔlanyɔnu be o, eye nèna ŋutsuvi+ wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me, eye talũhɛ aɖeke made ta ŋu nɛ o.”+
-
-
2 Samuel 16:11, 12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eye David gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã be: “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ vinye, si do tso menye la, le didim be yeaɖe nye agbe*+ ɖa, ekema ɖe Benyamin vi+ madii wu oa? Miɖe asi le eŋu wòado ɖiŋu nam faa, elabena Yehowae gblɔe nɛ! 12 Ðewohĩ Yehowa akpɔ nye fukpekpewo,+ eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu si dom wòle nam teƒe egbea.”+
-
-
Yesaya 38:9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 Yuda-fia Hizkiya ƒe nya si wòŋlɔ, esime wòdze dɔ, eye wòhaya tso eƒe dɔlélea me lae nye esi:
-