INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 32:31
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 31 Elabena woƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o,+

      Míaƒe futɔwo gɔ̃ hã kpɔ esia dze sii.+

  • 1 Samuel 2:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o,

      Ðeke meli o, negbe wò ko,+

      Eye agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o.+

  • 2 Samuel 22:32-43
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 32 Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu?+

      Eye ame kae ganye agakpe? Ðe menye mía Mawu la ɖeɖe koe oa?+

      33 Mawu vavã lae nye nye mɔ́ sesẽ,+

      Ana nye mɔ nade blibo,+

      34 Ena nye afɔwo le abe zinɔ tɔ ene;

      Ena metsi tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.+

      35 Efiaa aʋawɔwɔ nye asiwo;

      Ale be nye alɔwo nate ŋu abi akɔblidati.

      36 Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu nam,

      Eye wò ɖokuibɔbɔe doa gãm.+

      37 Èkeke nye afɔɖoƒewo;

      Nye afɔwo maɖiɖi o.*+

      38 Mati nye futɔwo yome, ne matsrɔ̃ wo gbidigbidi;

      Nyematrɔ o, va se ɖe esime wotsrɔ̃ keŋkeŋ hafi.

      39 Matsrɔ̃ wo ahagbã wo gudugudu, ale be fɔfɔ maganɔ wo ŋu o;+

      Woadze anyi ɖe nye afɔ te.

      40 Àtsɔ ŋusẽ abla akpa nam ɖe aʋa la ŋu;+

      Àna nye futɔwo nadze anyi ɖe tenye.+

      41 Àna nye futɔwo nasi le nunye;*+

      Mana ɖoɖoe nazi le ame siwo lé fum kaɖikaɖi la nu.+

      42 Wodoa ɣli be woaxɔ na yewo, ke xɔnametɔ aɖeke meli o;

      Wodoa ɣli na Yehowa, ke metɔna na wo o.+

      43 Mato wo memie woanɔ abe ʋuʋudedi ene;

      Matu afɔ wo dzi afanya wo abe kpɔdomeeba ene.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe