-
4 Mose 21:21-24Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 Eye Israel dɔ ame ɖe Amori-fia Sihon gbɔ be:+ 22 “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ɖe agble alo waingble aɖeke me o. Míano vudo aɖeke me tsi o. Fia Ƒe Mɔ la dzi míato, va se ɖe esime míeto wò anyigba dzi yi.”+ 23 Ke Sihon meɖe mɔ na Israel be wòato yeƒe anyigba dzi ayi o, ke boŋ Sihon ƒo eƒe dukɔ la nu ƒu, eye wòho yi gbea dzi ɖakpe aʋa kple Israel le Yahaz.+ 24 Gake Israel si wo kple yi+ hexɔ woƒe anyigba,+ tso Arnon+ yi Yabok+ si te ɖe Amonitɔwo ŋu, elabena Yazer+ ye nye Amonitɔwo ƒe liƒo.+
-