-
Nyaɖeɖefia 8:3, 4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
3 Mawudɔla bubu aɖe si lé sikadzudzɔdosonu ɖe asi la va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui+ la xa, eye wotsɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ+ gbogbo aɖe nɛ be wòado dzudzɔ ɖe sikavɔsamlekpui+ si le fiazikpuia ŋgɔ la dzi esi wose ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo. 4 Eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ si le mawudɔla la si me ƒe dzudzɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo+ de dzi le Mawu ŋkume.
-