INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 18:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me,

      Eye mele ɣlidodo dzi na nye Mawu be wòaxɔ nam.

      Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me,+

      Eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.+

  • Yona 2:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  7 Esi nye agbe* nu nɔ tsotsom la, Yehowae nye Ame si dzi meɖo ŋkui.+

      Eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.+

  • Mateo 26:38, 39
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 38 Eye wògblɔ na wo be: “Mele nu xam* ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.”+ 39 Esi wòzɔ yi ŋgɔ vie la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa be:+ “Fofonye, ne anya wɔ la, na kplu+ sia nato ŋunye ayi. Gake menye abe ale si medi ene o, ke boŋ abe ale si nèdi ene.”+

  • Marko 15:34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Eli, Eli, lama sabaktani?” si gɔmee nye: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?”+

  • Hebritɔwo 5:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Le Kristo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ me* la, etsɔ ɣlidodo sesĩwo kple aɖatsiwo ƒo koko heɖe kuku vevie+ na Ame si te ŋu ɖee tso ku me la, eye wòɖo toe le eƒe mawuvɔvɔ̃ ta.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe