6 Nu kae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋkume,
Ava de ta agu na Mawu dziƒoʋĩtɔ la?
Ðe matsɔ numevɔsa blibowo
Kple nyivi siwo xɔ ƒe ɖeka la ɖe asi ado ɖe eŋkumea?+
7 Ðe agbo akpewo
Kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua?+
Ðe matsɔ nye ŋgɔgbeviŋutsu ana ɖe nye dzidadawo ta
Kple nye dɔmevi ana ɖe nye nu vɔ̃ taa?+
8 Oo amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.
Eye nu ka dim Yehowa le tso asiwò?
Eya koe nye be nàwɔ nu dzɔdzɔe,+ nàlɔ̃ nu si le eteƒe la wɔwɔ,+
Eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi+ ahazɔ kple wò Mawu!+