-
2 Mose 30:23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 “Tsɔ atike ʋeʋĩ nyuitɔwo: mire babla dzidze alafa atɔ̃, sinamɔn ʋeʋĩ dzidze alafa eve kple blaatɔ̃, si nye ekemɛa ƒe afã, gbekee ʋeʋĩ dzidze alafa eve blaatɔ̃,
-
-
2 Mose 30:25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Tsɔ wo wɔ ameɖomi kɔkɔe; woatsaka wo nyuie.+ Ameɖomi kɔkɔe wòanye.
-
-
Esta 2:12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Eɖoa ɖetugbuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi be wòayi Fia Ahasweros gbɔ, ne wosi atike siwo wosina na ɖetugbuiawo ɣleti wuieve sɔŋ na wo vɔ megbe, elabena ɣeyiɣi mae tugbedzetikewo sisi* na wo ƒe ŋkekeawo xɔna—wosia miremi+ na wo ɣleti ade, eye wosia balsam-mi+ kple tugbedzetike vovovowo na wo* ɣleti ade.
-
-
Psalmo 45:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Mire, aloe kple kasia ƒe ʋeʋẽ lilili le wò awuwo katã me;
Kasaŋkuƒoƒo do dzidzɔ na wò le nyiɖufiasã gã la me.
-
-
Hawo Ƒe Ha 4:6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 “Mayi to si dzi mire,
Kple togbɛ si dzi lifi le la dzi,+
Hafi ya fafɛ nadze ƒoƒo, eye vɔvɔli nu nayi.”
-