INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Fiawo 21:20, 21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Eye Ahab gblɔ na Eliya be: “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunyea?”+ Eɖo eŋu be: “Meke ɖe ŋuwò. ‘Esi nètsɔ vɔ̃wɔwɔ ɖo dɔe* le Yehowa ŋkume ta la,+ 21 kpɔ ɖa, mehe vɔ̃ gbɔna dziwò, eye makplɔ yowòme ƒiaƒiaƒia, eye matsrɔ̃ Ahab ƒe ŋutsuwo* katã,+ ame siwo nye wɔnamanɔŋutɔwo kple ame beliwo gɔ̃ hã ɖa le Israel.+

  • 2 Fiawo 10:10, 11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Eya ta minyae be, Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe la ŋu la dometɔ aɖeke mado kpo emevava o,*+ eye Yehowa wɔ nya si wògblɔ to eƒe subɔla Eliya dzi la dzi.”+ 11 Azɔ hã, Yehu wu ame siwo katã susɔ ɖe Ahab ƒe me le Yezreel kple eƒe bubumewo katã, exɔlɔ̃wo kple eƒe nunɔlawo,+ eye wo dometɔ aɖeke mekpɔtɔ o.+

  • Yeremiya 22:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 “Yehowa be: ‘Zi ale si mele agbe la, ne wò Yuda-fia Koniya,*+ Yehoyakim+ vi, ye nye ŋkɔsigɛ le nye nuɖusi hã la, maɖe wò ɖa le afi ma!

  • Yeremiya 22:30
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 30 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

      ‘Miŋlɔ ŋutsu sia ŋkɔ ɖi be medzi vi o,

      Be enye ŋutsu si naneke madze edzi na le eƒe agbe* me o,

      Elabena nu madze edzi na eƒe dzidzimevi aɖeke,

      Ne wòanɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi ahaɖu fia le Yuda akpɔ o.’”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe