24 Ame kae tsɔ Yakob de asi be woaha,
Eye wòtsɔ Israel de asi na adzodalawo?
Ðe menye Yehowa, Ame si ŋu míewɔ nu vɔ̃ ɖo ye oa?
Wogbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ,
Eye womeɖo to eƒe se la o.+
25 Eya ta etrɔ eƒe dɔmedzoe,
Eƒe dziku, kple aʋawɔwɔ+ ƒe fuwɔame kɔ ɖe Israel dzi.
Aʋa la ƒe dzo fiã nu sia nu si ƒo xlãe, ke mede dzesii o.+
Dzoa lé flaflafla ɖe eŋu, ke mede dzi gbɔ nɛ o.+