INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 56:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  6 Amedzro siwo va wɔ ɖeka kple Yehowa be yewoasubɔe,

      Be yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ la,+

      Ne yewoazu esubɔlawo,

      Ame siwo katã léa Sabat la me ɖe asi eye womegblẽa kɔ ɖo nɛ o,

      Eye woléa nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la,

       7 Nye hã makplɔ wo ava nye to kɔkɔe la gbɔ,+

      Eye mana woakpɔ dzidzɔ le nye gbedoxɔ la me.

      Woƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuwo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui la dzi.

      Elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe.”+

  • Yesaya 66:20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Woakplɔ nɔviwòwo katã tso dukɔwo katã dome,+ eye woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo kple tasiaɖam siwo tame wogba la me, eye woanɔ tedzisɔwo kple kposɔ ɖeablɛwo dzi, ava nye to kɔkɔe la dzi, ava Yerusalem, wòanye nunana na Yehowa, abe ale si Israel-viwo tsɔa nunana ɖe nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene,” Yehowa ye gblɔe.

  • Ezekiel 20:40
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 40 “‘Elabena nye to kɔkɔe, Israel ƒe to kɔkɔ la,+ dzie Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le, le anyigba la dzi,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. ‘Miaƒe nu adze ŋunye le afi ma, eye mabia miaƒe nudzɔdzɔwo kple miaƒe vɔsanu gbãtɔ, siwo anye miaƒe nu kɔkɔewo katã la, le afi ma.+

  • Yoel 3:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa mia Mawu, ame si le nye to kɔkɔe Zion dzi.+

      Yerusalem azu teƒe kɔkɔe,+

      Eye ame tutɔwo* magato afi ma ava yi azɔ o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe