INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 36:20, 21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Eɖe aboyo ame siwo susɔ, siwo metsi yi nu o la hã yi Babilon,+ eye wova zu eya kple viaŋutsuwo ƒe subɔviwo+ va se ɖe esime Persia fiaɖuƒea va te dziɖuɖu,+ 21 ne Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya dzi la nava eme,+ va se ɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe eme le eƒe sabat siwo tsi eŋu la nu.+ Ŋkeke siwo katã wòzu aƒedo la, anyigba la gbɔ ɖe eme,* ne ƒe blaadre nu nava yi.+

  • Yesaya 49:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Ke Zion le gbɔgblɔm be:

      “Yehowa gblẽm ɖi,+ eye Yehowa ŋlɔm be.”+

  • Yeremiya 30:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Yehowa be: “Mana nàhaya, eye mayɔ dɔ wò abiawo,+

      Togbɔ be woyɔa wò be, ame si wonya de gbe,

      ‘Zion, si dim ame aɖeke mele o’ hã.”+

  • Konyifahawo 1:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  4 Zion mɔwo le konyi fam, elabena ame aɖeke megavaa ŋkekenyui ɖuƒe o.+

      Eƒe agbowo katã gbã;+ eƒe nunɔlawo le hũ ɖem.

      Eƒe ɖetugbui leaƒewo* le nu xam, eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe