Yesaya 11:6, 7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 6 Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ,+Eye lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ,Nyivi kple dzata* kpakple lã dami woanɔ wo nɔewo gbɔ;*+Eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. 7 Nyinɔ kple sisiblisi aɖu gbe le teƒe ɖeka,Eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe wo nɔewo gbɔ. Dzata aɖu gbe abe nyi ene.+ Yesaya 65:25 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 25 Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo gbɔ,Dzata aɖu gbe abe nyi ene,+Eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ aɖeke ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,”+ Yehowa ye gblɔe. Ezekiel 34:25 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 25 “‘“Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo,+ eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi,+ ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.+ Hosea 2:18 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+
6 Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ,+Eye lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ,Nyivi kple dzata* kpakple lã dami woanɔ wo nɔewo gbɔ;*+Eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. 7 Nyinɔ kple sisiblisi aɖu gbe le teƒe ɖeka,Eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe wo nɔewo gbɔ. Dzata aɖu gbe abe nyi ene.+
25 Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo gbɔ,Dzata aɖu gbe abe nyi ene,+Eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ aɖeke ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,”+ Yehowa ye gblɔe.
25 “‘“Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo,+ eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi,+ ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.+
18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+