-
2 Fiawo 8:22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Ke Edom dze aglã ɖe Yuda ŋu va se ɖe egbe sia. Ɣemaɣie Libna+ hã dze aglã.
-
-
2 Fiawo 19:8-13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Ke esi Rabsake se be Asiria-fia ho dzo le Lakis+ la, etrɔ yi egbɔ eye wòkpɔ be enɔ aʋa wɔm kple Libna.+ 9 Azɔ Fia la se le Etiopia-fia Tirhaka ŋu be: “Kpɔ ɖa eho va aʋa wɔ ge kpli wò.” Eya ta egadɔ amewo+ ɖo ɖe Hizkiya be: 10 “Ale miagblɔ na Yuda-fia Hizkiya ye nye esi, ‘Mègana wò Mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò nànɔ gbɔgblɔm be: “Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.”+ 11 Kpɔ ɖa! Èse nu si Asiria-fiawo wɔ dukɔwo katã esi wotsrɔ̃ wo ɖikaa,+ ke ɖe woaɖe wò ya? 12 Ðe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo ɖe woa? Afi kae Gozan, Haran,+ Rezef kple Eden vi siwo le Tel-Asar la le? 13 Afi kae Hamat-fia, Arpad-fia kple du siwo nye Sefarvayim, Hena kple Iwa ƒe fiawo le?’”+
-