-
2 Fiawo 19:14-19Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Hizkiya xɔ agbalẽawo le ame dɔdɔawo si eye wòxlẽe. Emegbe Hizkiya yi Yehowa ƒe aƒe la me hekeke agbalẽawo ɖe Yehowa ŋkume.+ 15 Eye Hizkiya do gbe ɖa+ le Yehowa ŋkume gblɔ be: “Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo+ tame,* wò ɖeɖe koe nye Mawu vavã ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi.+ Wòe wɔ dziƒowo kple anyigba. 16 Oo Yehowa, ƒu to anyi ne nàsee!+ Yehowa, ʋu wò ŋkuwo+ ne nàkpɔ nu! Eye nàse nya siwo katã Senakerib gblɔ ɖo ɖa be yeatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu. 17 Oo Yehowa, nyateƒee wònye be Asiria-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe anyigbawo.+ 18 Eye wotɔ dzo woƒe mawuwo, elabena menye mawuwo wonye o,+ ke boŋ amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,+ ati kple kpe wonye. Eya tae wote ŋu tsrɔ̃ wo ɖo. 19 Ke azɔ, Yehowa mía Mawu, míeɖe kuku, ɖe mí tso esi me, ne anyigbadzifiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Mawu, Oo Yehowa.”+
-