INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 25:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilon-fia Nebukadnezar+ kple eƒe aʋakɔ bliboa ho ɖe Yerusalem ŋu.+ Eɖe to ɖee heƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe,+ 2 eye woɖe to ɖe dua va se ɖe Fia Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.

  • Yeremiya 52:4, 5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilon-fia Nebukadnezar* kple eƒe aʋakɔ bliboa ho ɖe Yerusalem ŋu. Woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.+ 5 Woɖe to ɖe dua va se ɖe Fia Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.

  • Ezekiel 24:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Yehowa ƒe gbe gava nam le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be: 2 “Amegbetɔvi, de dzesi ŋkeke sia nàŋlɔe ɖi,* ŋkeke sia tututu. Ŋkeke sia tututu dzie Babilon-fia va dze Yerusalem dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe