6 Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi la,+ dɔwuame la nu sẽ le dua me, eye nuɖuɖu aɖeke meli na dua me tɔwo o.+ 7 Mlɔeba woŋɔ dua ƒe gli, eye le zã me la, aʋawɔlawo katã to agbo si le gli eve dome le fia ƒe abɔ xa la ƒe mɔ hesi dzo, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua; eye woto mɔ si ɖo ta Araba.+