-
2 Fiawo 25:4-7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 Woŋɔ dua ƒe gli,+ eye le zã me la, aʋawɔlawo katã to agbo si le gli eve dome le fia ƒe abɔ xa ƒe mɔ hesi dzo, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua; eye fia la to mɔ si ɖo ta Araba.*+ 5 Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔa ti fia la yome heva tui le Yeriko tagba, eye eƒe aʋakɔ bliboa ka le eŋu. 6 Wolé fia la+ hekplɔe va Babilon-fia gbɔ le Ribla, ne woadrɔ̃ ʋɔnui. 7 Wowu Zedekiya viwo le eŋkume, eye Nebukadnezar gbã ŋku na Zedekiya; emegbe wòde akɔblikunyowui hekplɔe yi Babilon.+
-
-
Yeremiya 52:7-11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Mlɔeba woŋɔ dua ƒe gli, eye le zã me la, aʋawɔlawo katã to agbo si le gli eve dome le fia ƒe abɔ xa la ƒe mɔ hesi dzo, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua; eye woto mɔ si ɖo ta Araba.+ 8 Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔa ti fia la yome, eye wova tu Zedekiya+ le Yeriko tagba, eye eƒe aʋakɔ bliboa ka le eŋu. 9 Wolé fia la hekplɔe va Babilon-fia gbɔ le Ribla le Hamat-nyigba dzi eye wòdrɔ̃ ʋɔnui. 10 Eye Babilon-fia wu Zedekiya viŋutsuwo le eŋkume, ewu Yuda-megãwo katã hã le afi ma le Ribla. 11 Eye Babilon-fia gbã ŋku na Zedekiya,+ ede akɔblikunyowui, eye wòkplɔe yi Babilon hetsɔe de gaxɔ me va se ɖe eƒe kugbe.
-