4 Eye amegãwo gblɔ na fia la be: “Míeɖe kuku, na woawu ŋutsu sia,+ elabena nya mawo, siwo gblɔm wòle na aʋawɔla siwo susɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la na dzi ɖe le wo ƒo.* Elabena ŋutsu sia mele dukɔ sia ƒe ŋutifafa dim o, ke eƒe gbegblẽ boŋ.”
6 Eye wokplɔ Yeremiya yi ɖade fia ƒe vi Malkiya ƒe vudo* si le Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu+ la me. Eye wotsɔ ka ɖiɖi Yeremiya ɖe eme. Ke tsi mele vudoa me o, negbe ba ko, eye Yeremiya ɖo to ɖe ba la me.