-
Yeremiya 40:11, 12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eye Yudatɔ siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple esiwo le Edom kpakple ame siwo le anyigba bubuwo katã dzi la hã se be Babilon-fia susɔ ame aɖewo ɖe Yuda, eye wòtsɔ Gedaliya, Ahikam vi, Safan vi ɖo wo nu. 12 Eya ta Yudatɔwo katã trɔ gbɔ tso teƒe siwo woka hlẽ ɖo la, eye wova Yuda-nyigba dzi le Gedaliya gbɔ le Mizpa. Eye woƒo wain kple dzomeŋɔlikutsetsewo nu ƒu kpaŋkpaŋ.
-