-
Yeremiya 50:44-46Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
44 Kpɔ ɖa! Ame aɖe ado abe ale si dzata dona tso ave dodo siwo le Yordan ŋu me ene atso ɖe gbeɖuƒe siwo le dedie la ŋu, ke mana woasi le egbɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Ame si wotia la, eyae matsɔ aɖo enu.+ Elabena ame kae de nunye, eye ame kae aʋli ho kplim? Lãkplɔvi kae ate ŋu atɔ ɖe ŋkunyeme?+ 45 Eya ta mise Yehowa ƒe nyametsotso* le Babilon+ ŋu kple tame si wòɖo ɖe Kaldeatɔwo ƒe anyigba ŋu.
Vavãe, woahe lãha la ƒe viwo adzoe.
Eye woana woƒe nɔƒe nazu aƒedo le wo ta.+
46 Ɣli si aɖi be woxɔ Babilon la ana anyigba naʋuʋu,
Eye woase konyifaɣli le dukɔwo dome.”+
-