-
Ezra 9:6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Eye megblɔ be: “Oo nye Mawu, ŋu le kpeyem, eye wòte ɖe dzinye be mawu mo dzi na wò, Oo nye Mawu, elabena míaƒe vodadawo dzi ɖe edzi gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖi la kɔ yi ɖatɔ keke dziƒowo ke.+
-
-
Nehemiya 9:33Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
33 Tɔwò dzɔ le nu siwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔ nuteƒe, gake míawo ya míewɔ nu vɔ̃ɖi.+
-
-
Daniel 9:5Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 míewɔ nu vɔ̃, míeda vo, míewɔ nu tovo, eye míedze aglã;+ míetra ɖa le wò sededewo kple wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu.
-
-
Daniel 9:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 “Oo Yehowa, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía tɔgbuiwo tɔe nye ŋukpe, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.
-