-
Ezekiel 26:7, 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 “Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mekplɔ Babilon-fia Nebukadnezar,* fiawo ƒe fia+ tso dziehe gbɔna,+ hekpe ɖe sɔwo,+ aʋatasiaɖamwo,+ sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe ŋu, ɖe Tiro ŋu. 8 Awu wò kɔƒeduwo me tɔwo kple yi, aɖo dudzidzelawo ƒe gli ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu gã dzi ɖe ŋuwò.
-