INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Kronika 36:20, 21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Eɖe aboyo ame siwo susɔ, siwo metsi yi nu o la hã yi Babilon,+ eye wova zu eya kple viaŋutsuwo ƒe subɔviwo+ va se ɖe esime Persia fiaɖuƒea va te dziɖuɖu,+ 21 ne Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya dzi la nava eme,+ va se ɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe eme le eƒe sabat siwo tsi eŋu la nu.+ Ŋkeke siwo katã wòzu aƒedo la, anyigba la gbɔ ɖe eme,* ne ƒe blaadre nu nava yi.+

  • Ezra 1:1-3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 1 Le Persia-fia Kores+ ƒe ƒe gbãtɔ me, be Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya+ dzi nava eme la, Yehowa nyɔ Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, wòɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ me+ hã be:

      2 “Ale Persia-fia Kores gblɔe nye esi, ‘Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu la, tsɔ anyigbadzifiaɖuƒewo katã nam,+ eye wòde dɔ asi nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem,+ le Yuda. 3 Eƒe dukɔ blibo la me tɔ ɖe sia ɖe si le mia dome la, eƒe Mawu nenɔ kplii. Neyi Yerusalem le Yuda ne wòagbugbɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe xɔ si nɔ Yerusalem* la atu​—eyae nye Mawu vavã la.

  • Daniel 9:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, nye Daniel, melé ŋku ɖe agbalẽawo* me hekpɔe dze sii le Yehowa ƒe gbe si va na nyagblɔɖila Yeremiya nu be, Yerusalem+ ƒe aƒedozuzu la anɔ anyi ƒe blaadre.+

  • Zakariya 1:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Eye Yehowa ƒe dɔla la bia be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ɣekaɣie nàgbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda du,+ siwo nèbu fɔe ƒe blaadre siawo la, ase ɖo?”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe