14 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Alakpanya sɔŋ gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me.+ Nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo hã o.+ Alakpaŋutega, afakaka dzodzro, kple woƒe dzi ƒe amebeble gblɔm wole ɖi na mi.+
8 Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: “Migana miaƒe nyagblɔɖila kple miaƒe afakala siwo le mia dome nable mi o,+ eye migaɖo to woƒe drɔ̃e siwo kum wole la o.